Matthew 21:23-27

Wobia nya tso Yesu ƒe ŋusẽkpɔtsoƒe ŋu

(Marko 11:27-33; Luka 10:1-8)

23Yesu yi gbedoxɔ la me eye esi wònɔ nu fiam la, Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo va egbɔ hebiae bena, “Ŋusẽ kae nèkpɔ hafi le nu siawo wɔm eye ame kae na Ŋusẽ sia wò?”

24Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye hã mabia biabia ɖeka mi. Ne mieɖo eŋuti nam la, ekema nye hã magblɔ afi si mekpɔ ŋusẽ tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi. 25Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, afi kae wòtso? Dziƒoe wòtso loo alo amewo gbɔe wòtsoa?”

Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome eye wogblɔ bena, “Ne míegblɔ be, ‘Tso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’
26Ke ne míegblɔ be, ‘Tso amewo gbɔ’ la, míele vɔvɔ̃m na nu si ameawo lawɔ elabena wo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.”

27Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.” Tete Yesu hã gblɔ na wo be, “Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm o.”

Copyright information for EweBEE